Mark 14

Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti

(Mateo 26:1-5; Luka 22:1-2; Yohanes 11:45-53)

1Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyui la naɖo, eye Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu eye woawui le bebeme la dim.

2Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkeke nyuia dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”

Amisisi na Yesu le Betania

(Mateo 26:6-13; Yohanes 12:1-8)

3Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu ya le Betania, le Simɔn kpodɔléla la ƒeme. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋẽ xɔasi aɖe si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋẽ la nu eye nukutɔe la, etrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.

4Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋutie wògblẽ ami xɔasi sia ɖo? 5Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu agbatedɔwɔla ƒe ƒe ɖeka ƒe fetu eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnua vevie.

6Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋutie miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖee wònye wòwɔ nam. 7Ame dahewo le mia dome gbeawotsyogbe, eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣesiaɣi si mielɔ̃. Ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.”

8“Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ. 9Mele egblɔm na mi kple kaka ɖedzi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ afia eye woakafui.”

Yuda lɔ̃ be yeade Yesu asi

(Mateo 26:14-16; Luka 22:3-6)

10Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt ame si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi Osɔfogãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.

11Esi Osɔfogãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, dzi dzɔ wo ke menye fefe o, ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.

Yesu ɖu ŋutitotolẽvi la kple eƒe nusrɔ̃lawo

(Mateo 26:17-25; Luka 22:7-14, 21-23; Yohanes 13:21-30)

12Le ŋutitoto ŋkeke nyui ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobia afi si wòdi be yewoaɖu ŋutitoto lẽvi la le. 13Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkekea ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe wòlé tsize ɖe ta. 14Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòge ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Miaƒe Aƒetɔe dɔ mi ɖa be miava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu ŋutitoto ŋkeke nyuia le fiẽ sia!’ 15Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzii eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Mi ɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena mía ƒe ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu fiẽ sia.”

16Nusrɔ̃la eveawo yi Yerusalem dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu ale wowɔ ŋkekea ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.

Yesu gblɔ nya ɖi la eyomemɔfiafia ŋu

17Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. 18Le esime wonɔ anyi ɖe klpɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mele egblɔm na mi kple kaka ɖedzi be, mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”

19Nya sia wɔ nublanui na wo katã eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖeka, ɖekae be, “Nyee nye ame si le dewò ge asia?”

20Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Mi ame wuieve siwo le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. 21Ele be maku abe ale si nyagblɔɖilawo ɖe gbe ƒãe xoxoxo va yi ene. Gake baba na ame si adem asi la. Le nyate ƒe me nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”

Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖo ɖo anyi

(Mateo 26:26-30; Luka 22:15-20)

22Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ bena, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”

23Tete wòtsɔ kplu la heda akpe ɖe eta eye wòtsɔe na wo eye wo katã wono le enu. 24Yesu gblɔ kpe ɖe eŋuti be, “Esiae nye nye ʋu, nubabla la ƒe ʋu, esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. 25Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o va se ɖe gbe ma gbe esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”

26Le esia megbe la wodzi ha da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.

Yesu gblɔ nya ɖi le Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋuti

(Mateo 26:31-35; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)

27Yesu gblɔ na wo le afi sia be, “Mi katã, miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to nyagblɔɖilawo dzi be, ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽviawo aka gbẽ.’ 28Gake ne wofɔm ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea afi si mado go mi le.”

29Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”

30Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, mele egblɔm na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

31Petro gblɔ kple ɣli be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamleawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.

Getsemane

(Mateo 26:36-46; Luka 22:39-46)

32Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemane Bɔ la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.”

33Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ya ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple xaxa yɔ eme. 34Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afii mianɔ ŋudzɔ kplim.”

35Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be, ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi. 36Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò eya ta na kplu sia nato nunye ayi. Ke menye nu si nye, medi o ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”

37Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ tete hã oa? 38Minɔ ŋudzɔ eye miado gbe ɖa be miagage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”

39Yesu gatrɔ yi teƒea eye wògado gbe ɖa vevie, hegagbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia. 40Emegbe egatrɔ yi nusrɔ̃lawo gbɔ ake gake woganɔ alɔ̃ dɔm elabena ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo hã o.

41Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 42Mitsi tre! Mina mídzo! Ahã, ame si dem asi la, eyae nye esi!”

Yesu dede asi kple Yesu léle

(Mateo 26:47-56; Luka 22:47-53; Yohanes 18:3-12)

43Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe Osɔfogãwo kple agblẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woayi aɖalé Yesu vɛ.

44Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée ne miakplɔe ayii.” 45Esi ameha la va ɖo teƒea tete ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ. 46Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe. 47Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa Osɔfogã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba.

48Yesu bia elélawo be “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? 49Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va, eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.”

50Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.

Ɖekakpui si si dzo

51Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la, 52esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi.

Le Sanhedrin la ŋkume

(Mateo 26:57-68; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14, 8:19-24)

53Wokplɔ Yesu yi Osɔfogã ƒeme afi si osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 54Petro nɔ adzɔge ʋĩ le Yesu yome. Esi wòva ɖo Osɔfogã la ƒeme la, eto nuxa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔvi siwo do dzo nɔ ƒuƒum la dome kpoo. 55Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ. Gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. 56Amegeɖewo va ɖi alakpaɖasewo gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.

57Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, 58“Míese wògblɔ be; ‘Magbã gbedoxɔ sia si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’” 59Togbɔ be wogblɔ alea hã amewo ƒe nutsotsowo to vovo ake.

60Mlɔeba la, Osɔfogã tsi tre bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwo natsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”

61Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Osɔfogã la gabiae be, “Wòe nye Mesia, si nye Yayratɔ la Via?” 62Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔvi la, wòanɔ anyi ɖe Ŋusekatãtɔ la ƒe nudusime eye wòanɔ alilĩkpowo dzi atso dziƒo ava.”

63Ŋuɖoɖo sia do dziku na Osɔfogã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be; “Ɖe wòhia be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? 64Gbeɖe, miekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ. Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso?” Wo katã wodo ɣli gblɔ be “Edze na ku.”

65Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔ nya ɖi. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.

Petro gbe nu le Yesu gbɔ

(Mateo 26:69-75; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)

66Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye Osɔfogã la ƒe subɔvi ɖeka la kpɔ Petro dze sii le esime wònɔ dzo ƒum. 67Ɖetugbivia te ɖe Petro ŋu lé ŋku ɖe eŋu nyuie eye wòdo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la ƒe yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”

68Ke Petro sẽ nu gblɔ bena, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso heyi ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu. Tete koklo ku atɔ.

69Subɔvi la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòyi ɖanɔ la eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.”

70Petro ɖe ko wògasẽ nu ake be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galileae nètso!”

71Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le gɔ̃ hã o.”

72Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi bena, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

Copyright information for EweBEE